Gbe ɖeka esi Yesu ɖi tsa to Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ Simɔn kple nɔvia Andrea wonɔ asabu dam ɖe ƒua me elabena ɖɔkplɔlawoe wonye. Yesu yɔ wo hegblɔ na wo be, "Miva dze yonyeme ne mawɔ mi miazu amewo ɖelawo." Enumake wogblẽ woƒe asabuwo ɖi hedze eyome. Esi wozɔ ƒua ta yina sẽ la, Yesu gakpɔ Zebedeo viŋutsuwo, Yakobo kple Yohanes hã wonɔ ʋu me nɔ woƒe ɖɔwo sam. Eyɔ woawo hã be woadze ye yome, ale wogblẽ wo fofo Zebedeo kple ɖɔkplɔviawo ɖi hekplɔ Yesu ɖo enumake.
Thank Jesu!
prince17y 1 month ago